Mark 16

Yesu ƒe tsitretsitsi

(Mateo 28:1-8; Luka 24:1-12; Yohanes 20:1-10)

1Le fiẽ, esi Sabat ŋkekea wu enu la, Maria Magdalatɔ, Salome kple Maria Yakobo dada woyi ɖaƒle amiʋeʋĩ si wosina na ame kuku be woagavo kaba o la da ɖi.

2Le ŋufɔke ŋdi kanyaa la, ame siawo fɔ tsɔ amiawo ɖe asi dze mɔ ɖo ta Yesu ƒe yɔdo to.

3Esi wole mɔa dzi yina la, wobia wo nɔewo be, “Ame kae amli kpe gã si le yɔdo la nu la ɖa?”

4Gake nukutɔe esi wova ɖo teƒea la, wokpɔ be womli kpe si wotsɔ tu yɔdoa nu la da ɖe adzɔge eye yɔdoa le ʋuʋu. 5Woge ɖe yɔdoa me eye wokpɔ ɖekapkui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me nɔ anyi ɖe yɔdoa ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be woku ɖe tsitre nu.

6Gake mawudɔlawo la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, egbɔ agbe eye wòtsi tre. Mikpɔ afi si wotsɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa. 7Azɔ miyi miagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be, ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’”

8Nyɔnuawo si do go le yɔdoa me kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Wovɔ̃ ale gbegbe be womagate ŋu aƒo nu gɔ̃ hã o.

Yesu ɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ

(Mateo 28:9-10; Yohanes 20:11-18)

9Kwasiɖa ƒe ŋdi kanyae Yesu gbɔ agbe eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le. 10Eyi ɖake ɖe nusrɔ̃lawo ŋu woƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ konyi fam. Woƒe ŋkuwo katã yɔ kple aɖatsi. 11Egblɔ na wo kple ɣli be, yekpɔ Yesu wogbɔ agbe tso ku me! Gake nusrɔ̃lawo mexɔ nya sia dzi se o.

Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la eve aɖewo

(Luka 24:13-35)

12Le gbe ma gbe ke ƒe ɣeyiɣi bubu me la, Yesu ɖe eɖokui fia ŋutsu eve siwo nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina teƒe aɖe. 13Esi wova kpɔe dze sii mlɔeba be Yesue la, woɖe abla trɔ yi Yerusalem ɖagblɔe na ame bubuwo, gake ame aɖeke mexɔ woƒe nya dzi se o.

Dɔdede asi na nusrɔ̃lawo

(Mateo 28:16-20; Luka 24:36-49; Yohanes 20:19-23)

14Azɔ le ɣebubuɣi la, Yesu ɖe e ɖokui fia nusrɔ̃la wuɖekɛawo le esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse ta. Evee ŋutɔ be togbɔ be amewo kpɔe agbagbe va gblɔ na wo hã la, wogbe be yewomaxɔe ase o.

15Azɔ egblɔ na wo be, “Fifia la, miyi ɖe xexe bliboa me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi. 16Ame siwo axɔ nyanyui la eye woade mawutsi ta na wo la, woakpɔ ɖeɖe. Ke ame siwo anye kɔlialiatɔ siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la woabu fɔ wo.

17“Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo. 18Woalé dawo kple woƒe asiwo eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme lasẽ.”

Yesu ƒe dziƒoyiyi

(Luka 24:50-53)

19Esi Yesu wu nya siawo nu la, gbɔgbɔ la tsɔe dzoe yi dzi ƒoe eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.

20Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me.

Copyright information for EweBEE